Le gɔme dzedzea me naneke menɔ xexe sia me o. Tɔmelãa ɖeke menɔ anyi o. Ɣletivia ɖeke menɔ dziŋgɔlia me o. Atsiaƒua ɖeke kple seƒoƒoa ɖeke menɔ anyi o. Anyigba katã nɔƒuƒlu eye viviti do ɖe edzi. Gake Mawu nɔ anyi. Ɖoɖo nyuia ɖe nɔ Mawu si. Edi be yeawɔ xexe nyuia ɖe; ena wòva eme le esime wònɔa eŋu bum. Mawu tsɔ nusiwo menɔ anyi o la wɔ xexea eye le ewɔwɔ me la, Mawu gblɔ ko bena : “Esia neva emeʼʼ eye wòvaa eme nenema.
Ewɔ kekli, wɔ tɔsisiwo kple atsiaƒuwo kpakple anyigba si yɔ fũ kple gbewo, lãwo, xewo, kpakple atiwo. Mlɔeba, Mawu wɔ ŋutsu eye wòwɔ nyɔnu nɛ. Wo yɔ wo be Adam kple Xawa (Eva).
Mawu lɔ̃ wo vevie. Wonɔ abɔ dzeania ɖe me eye Mawu yina ɖa srã wo kpɔ ɣetrɔ sia ɣetrɔ. Abɔa nye wo tɔ eye woɖua eme nuwo katã negbe ati ɖeka ko si womeɖe mɔ na wo be woaɖu o.
Adam kple Xawa wokpɔa dzidzɔ, gake gbe ɖeka, Satana, Mawu ƒe futɔ, va te wo kpɔ. Ale wo tso nyame be ye woaɖu atikutsetse si ŋu wo de se le na wo la ƒe ɖe eye wowɔ nuvɔ̃. Hena zi gbãtɔ la, ŋu kpe wo eye wole blanui.
Womagateŋu aƒo nu na Mawu o. Dzidzi ƒowo eye wole blanui. Wodze na ku eye wose veveŋutɔ. Mawu do ŋugbe be yeakpe ɖe wo ŋu. Ale wògblɔ na wo be: “Le ɣeyiɣi si dze ŋunye mea, madɔ vinye ŋutsuvi Yesus ɖe xexe sia me. Eya laɖi tso dziƒo ava. Yesu lava aɖe miaƒe nuvɔ̀wo ɖa gake eyama lakpe fu eye woaku ɖe mia taʼʼ. Ale dzi dzɔ wo esi Mawu do ŋugbe be yeadɔ Ɖela ɖo ɖa wo.
Adam kple Xawa wodzi viwo hexɔ tɔgbuiyɔviwo. Eteƒe me didi hafi xexea yɔ fũ kple amewo o.
Mawu di be woanye yayratɔwo ŋutɔ. Eyata wògblɔ nusi woawɔ la na wo . Se si wòde na wo la enye esi:
- Mawu bubua ɖeke meganɔ asìwò kpe ɖeŋunye o.
- Megawɔ nɔnɔme tata alo nukpakpɛaɖeke ɖe Mawu ƒe nɔnɔme o.
- Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o.
- Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi ne nawɔe kɔkɔe.
- Bu fofowo kple dawò.
- Megawu ame o.
- Megawɔ ahasi o.
- Megafi fi o.
- Megaɖi aʋatso ɖase le hawòvi ŋuti o.
- Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke dzi o. (Mose II 20:13-17)
Woŋlɔ wo ɖe Biblia la me bena miate ŋu axlẽ wo. Yayratɔwo mianye ne miewɔ ɖe wo dzi. Satana medina be miawɔ wo dzi o. Eyaya ɣeaɖewoɣi egblɔna be: fi fi, ne amea ɖeke mele mia kpɔm o. Gake Mawu ya nyae. Mawu kpɔa nusianu. Ɣeaɖewoɣi Satana tutuna mi mie dana alakpa (ɖana adze) eye wònana miebuna be amea ɖeke mele enya ge o. Mawu ya nyae. Esea nusianu.
Ne mieda vo (alo gbe toɖoɖoa) mia ŋutɔwo mietsia mavomavo le ememe ke. Mawu lɔ̃ mi eye wòdi be yeakpe ɖe mia ŋu miaɖɔ ʋu. Esia tae wòdɔ Yesu va xexe sia me, Mawu ɖo ŋku ŋugbe si wòdo la dzi.
Le ƒe geɖewo megbea, Yesu va xexeame. Etsi vatrɔ zu ame (ŋutsu). Ewɔna nukunu geɖewo. Eyɔa dɔ dɔnɔwo. Ena ŋkuagbatɔwo kpɔa nu eye wò yrana ɖeviwo.
Yesu mewɔa naneke baɖa o. Eƒoa nu tso Mawu ŋu eye wòƒia amewo alesi woa ɖo to eyamae. Le esia megbea, Yesu ƒe futɔwo klãe ɖe atitsoga ŋu eye wò ku.
Ekpe fu eye wò ku ɖe xexeame ƒe nuvɔ̃wo ta, E ku gɔ̃ hã ɖe ame siwo klãe ɖe atitsoga ŋu la ta.
Woɖi Yesu. Ke nukunua ɖe va dzɔ. Èya metsi yɔdoa me o. Efɔ̃ tsi tsitre! Eteƒe medidi o, Mawu kɔe ɖe alilikpowo dzi yi dziƒoe. Ke le esime exɔlɔ̃awo nɔa ekpɔm la mawudɔlaa ɖe gblɔ na wo be Yesu gale tɔtrɔ ge ava.Yesu ku hã ɖe miaƒe nuvɔ̃wo ta. Èdi be miase veve ɖe wota eye miaʋu wo me. Esɔgbe be yeatsɔ wo ake mi (Yohanes I 1:9) Ɣeyiɣiawo katã miate ŋu ado gbe ɖa na Mawu. Eyama sea nya sia nya eye wònya miaƒe susuwo. Ne mia nuvɔ̃wo kpɔ tsɔtsɔkea, eyama wɔa mi yayratɔ gãwo tso ememe ke.
Heyi edzia nyui wɔwɔ dzroa mi eye miedina be miaɖɔ ʋu.
Miate ŋu atia be miakplɔ Satana ɖo ahagbe toɖoɖo Mawu. Gake mawunya gblɔe be ne miegbe nu le eyama gbɔ le agbe sia mea, Eyama latsɔ mi aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. Dzomavɔ enye teƒea ɖe afisi dzo anɔ bibim le ɖaa.
Gake ne mielɔ̃ Yesu eye mieɖo to eyama, eya lakplɔ mi ayi dziƒoe ne etrɔ va. Dziƒoe nye Mawu kple via Yesu ƒe aƒe nyui la. Aƒe sia me yɔ fũ kple lɔlɔ̃ kpakple kekeli (afisi mianye yayratɔwole ayi ɖaa) afisi miakpɔ dzidzɔ mavɔ le.