Luʋɔ lɔlɔ̃tɔ, Mawu kɔkɔetɔa ɖe kpɔ wò nuvɔ̃vodalae eye wòtso kufia na wò, ɖee nenya esia? Ne nuvɔ̃vodalaa ɖe àte ŋu asi le ku mavɔ sia gbɔ ahakpɔ ɖeɖe tegbee (mavɔ) la, Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ hiã eyama. Le go sia mea, nublanuikpɔkpɔ nye nu si, susɔ Mawu natsɔ na mi.
Togbɔ be ɖeɖekpɔkpɔ le faa, fea ɖeke maxemaxee eye womate ŋu aɖui to akɔdada me o hã la, Mawu meɖea asi le eƒe nublanuikpɔkpɔ ya ŋu yakatsyɔe (semanɔŋutɔe) o. Nusi Mawu kpɔna hafi ɖena asi le nublanuikpɔkpɔ ŋuti la le nyati ɖeka si nye Dzimetɔtrɔ la me. Yohanes Mawu tsidetanamela ɖe gbeƒa Mawu ƒe Nya la kpuie kple ŋusẽ be: “ Mitrɔ le miaƒe dzi me; elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ’’ (Mateo 3:2).
Yesu, Mawu ƒe vi la hã dze efe dɔ la gɔme kple nyati ɖeka ma ke bena: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!’’ (Mateo 4:17)
Dzimetɔtrɔ nye nu si le vevie be miawɔ hafi akpɔ ɖeɖe. Esiatae apostolo Petro gblɔ bena: “Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo’’ (Dɔwɔwɔwo 3:19). Vavã dzimetɔtrɔe nye agbo (ʋɔtru) si dze be woaʋu hafi nublanuikpɔkpɔ nado ahatsɔ ɖeɖekpɔkpɔ vɛ.
Wo katã wɔ nuvɔ̃
Le miaƒe xexea mea, ame geɖewo li siwo tovo tso wonɔewo gbɔ le go vovovowo me. Togbɔ be wòle alea hã, nɔnɔme ɖekaa ɖe li, si le mi katã me, amea ɖeke medo le eme o Mawunya ɖo kpe (te gbe ɖe nɔnɔme sia dzi, eme kɔ ƒãa bena: “Elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim’’ (Romatɔwo 3:23) Wogagblɔ kpeɖe esia ŋu bena: “ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o’’. (Romatɔwo 3:10). Nenema ke Mawu ƒo nu to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena: “Mi katã mietramɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lè eƒe mɔ tsɔ’’, “ Ɖeke mele dzɔdzɔe o’’, “Wo katã wɔ nuvɔ’’. Nuxlẽla lɔlɔ̃tɔ, ɖee nya sia meka wò oa? Wò luʋɔ kple wò agbe nye Yehowa tɔ. Ŋutsu alo nyɔnu. Sɔhɛ alo ametsitsi, si mexɔ Mawu abe Aƒetɔ na eƒe agbe o la, le tomaɖomaɖo kple nuvɔ̃ me. “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la eyae aku’’ (Xezekial 18:4).
Nuvɔ̃ klãna (mana) ɖa.
Mia nuvɔ̃wo klã (ma) mi ɖa tso Mawu gbɔ. Vevesese gãa ɖe, si gɔme màte ŋu aɖe o la, le me wò. Ese le ɖokuiwò me abe ɖee nètsi akogo eye nèbu be ɖee Mawu megale to ɖom ye o. Ŋuɖoɖo (ɖoŋti) si Mawu na susu sia enye be: “Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi, be mase nu o; ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple miaƒe Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe na be, wòɣla ŋku me ɖe mi, be magaɖo to mi o.’’ (Yesaya 59:1,2) Gakpe ɖe esia ŋua, wona mienya hã be: “Nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku’’ (Romatɔwo 6:23). Esi miele miaƒe agbe kple miaƒe nuvɔ̃wo ŋu bum la, mibu Mawu hã ŋu. Nuvɔ̃ mele Mawu me o: esiatae (wòle kɔkɔe kple dzɔdzɔe) wònye kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ ɖo. Mawu be munɔ̃ dze na ʋɔnudɔdrɔ̃. Esiatae wògblɔ bena “Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’’ (Nyagblɔla 12:14). Ŋɔŋlɔa gblɔ na mi bena: “Ʋe gãa ɖe le mia kple Mawu dome’’ (Luka 16:26) Ne womekeɖe mɔa ɖe, si àto ʋe sia ta eye wòatsã Mawu kɔkɔe la kple agbetɔ vodala, ŋu o la, ku mavɔ koe miaku. Gake mɔkpɔkpɔ li na mi elabena mɔa ɖe li.
Yesue ʋuna agbo la
Togbɔ be enye nyateƒe be Mawue ɖo ku anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me be wòanye nuvɔ̃ fetu hã la, nyateƒe kee wõnye be “Mawu nye lɔlɔ̃’’ (Yohanes I, 4:16). Mawu lɔ̃ wò, nɔvi lɔlɔ̃tɔ, meka nuvɔ̃ ka ke mee nègale o. Eƒe lɔlɔ̃ la ta mɔ be yeaɖe wò (Yohanes 3:16). Mawu, amesi meblena ame o la, le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hege ava nuvɔ̃ dzie eye ne ʋɔnudɔdrɔ̃ sia àdze amea ɖe dzi la, àku enumake. Le esiata, Mawu, amesi medina be amea ɖeke nà tsrɔ̃ o la, dɔ via Yesu ɖa be wòavaxɔ mia nuvɔ̃ vodada ŋuti tohehe bena miawo mianɔ agbe. Ŋɔŋlɔ̃awo be: “Eyaŋuti kpɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo kple sesẽ ɖa,’’ (Romatɔwo 11:22). Mawu ƒe dɔmenyonyo dzro be yeaxɔ na ame gake eƒe dzɔdzɔeneyenye ya bia tohehe.
Yesu va xexea me kple taɖodzi tɔxɛ sia be yeagbugbɔ axɔ miaƒe luʋɔ wo aƒle. Eyama nye kɔkɔetɔ, nuvɔ̃a ɖeke mele eme o, eyae nye Mawu ƒe alẽvi, ame si ŋu ɖiƒoƒoa ɖeke mele o. Woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go na mi esime Mawu tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo kple miaƒe vodada kpakple miaƒe nuvɔ̃wo fetu da ɖe Yesu dzi. Mibu eƒe ɖɔmenyonyoa ŋu kpɔ! Esi Yesu ɖo to hewɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu tae wòxɔ mia nuvɔ̃wo ƒe fetu. Ɣemaɣie Yesu zu vɔ̃wɔla ɖe mia teƒe; eye bena yeaɖo teƒe na Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ta, ekpe fu eye wòŋe vaseɖe esime wòxe mia nuvɔ̃wo ŋu fe hafi tsɔ eƒe gbɔgbɔa de asi. Mikpɔ Mawu ƒe sedziwɔwɔ sesẽ ɖa!
Dzimetɔtrɔ, miatɔ wɔƒe
Nɔvi nuxlẽla lɔlɔ̃tɔ, ɖee nèxɔe se be Yesu ku ɖe ta wò eye wò ku hã ɖe wò nuvɔ̃wo taa? Ameka tututue klã Yesua? Yuda-meg̃wo kple Pilato kpakple Roma-srafowo koe klã Yesua? Gbe ɖeka apostolo Petro gblɔ Nyanyui la na ameha gãa ɖe si ƒe xexlẽme de akpe nanewo. Petro ƒe nyala yi tẽe, eye wògblɔ kple kakaɖedzi be:“Amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔla wo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti eye miewui (Dɔwɔwɔwo 2:23). Luʋɔ lɔlɔ̃tɔ, trɔ nàkpɔ Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la ɖa, eye nade dzesi wò vodada kple wò gomekpɔkpɔ le efe ku la me ŋuti!
Dzimetitrɔ vavãtɔ dzea gɔme ne mie bu tame le ŋũdzi wɔna sia ŋuti tso miaƒe dzime ke. To Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ mea, miakpɔ adzesi kɔtɛ be miawoe dze na ku sia, ke menye Yesue o. Gake Yesu ku ɖe mia teƒe. Ne sidzedze sia àge ɖe wòdzi mea, àna nàle blanui eye nàse veve ɖe wònuvɔ̃ ta. Ne woagblɔ be amea ɖe nye amekudola (amewula), vevietɔ wòava zu Mawuvi-wula, esia nye ŋɔ̃dzinu na Luʋɔ siwo dea dzesi nyateƒe sia, sea veve ɖe woƒe (vodada) fɔɖiɖi ta kple adatsi eye woʋua woƒe nuvɔ̃wo me. Ne miade ŋugble le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si va dze Yesu dzi ŋuti. Le esime mienyae be miawoe dze na ku sia hafi la, mimado kpɔ ɣlidodo be: “Oo Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla’’ o. (Luka 18:13). Dzimetɔtrɔ ƒe wɔna gbãtɔ enye esia, Ne dzimetɔtrɔ le tsitsim ɖe edzi la, ewɔnɛ be amea trɔ na megbe dea tso eƒe nuvɔ̃ mɔ xoxowo dzi wòtrɔna ɖe Mawu ƒe mɔwo ŋu. Amesi wole tsi na tso eƒe wɔna baɖawo mea, trɔna ɖe dziƒo me nuwo ŋu azɔ̃. Esiae nye dzimetɔtrɔ ƒe dɔ si Mawu wɔna le amesi vana egbɔ (anye etɔ) la ƒe lelèƒoƒu kpui. Tso esia dzi, ame la kpɔa ŋutifafa kple nyona kpakple dedienɔnɔ.
Le nuwuwua, dzimetɔtrɔ ƒe kutsetse (alo mètsonu) nye ŋudzedze kpɔkpɔ deto kple nyateƒetoto (nuteƒewɔwɔ) na Kristo kpakple na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.Esi wobu fɔ mi he tso kufia na mia, Kristo gblɔ be: “Mite va gbɔnye eye nye la mana dzudzɔ mi’’ (Mateo 11:28). Miawo hã mia ɖo ŋu agblɔ bena: “Mina mialɔ̃e, elabena etre milɔlɔ̃!’’ (Yohanes I, 4:19)