Yesu le egblɔm na mi be woatu dzifo gbowo ɖe mi negbe ɖeko mietrɔ le miaƒe dzi me hafi. Esia tae miele biawòm se be: “ Nɔvi, ètrɔ le wò dzi mea? Wò, hamevi, ɖee nètrɔ le wòdzi mea? Esia manɔ eme o la, nyae ko be èbu. Elabena Yesu gblɔ le Yohanes 3̈:3 me be: “ Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o “.
Ɖewohĩ àbia se be “Nukae nye dzimetɔtrɔ (alo gbugbɔ gadzi) mahã’’? Egbea, gɔmesese trama vovovowo li kuɖe dzidzi yeye sia ŋuti. Menye tsidetae o, elabena wode tsi ta na amea ɖewo gake womega gbugbɔ dzi wo o. (Dɔwɔwɔwo 8:18-25).
Menye hame nɔnɔ ye o, elabena amea ɖewo wɔe le manyamanya me (Galatiatɔwo 2:4). Menye nu ɖuɖu le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ ŋue o, elabena amea ɖewo ɖui le madzemadze me eye wòhe ʋɔnudɔdrɔ̃ va woɖokui dzi (Korintotɔwo I, 11:29).
Mele asitɔtrɔ le nu ŋu me alo le agbagba dzedze be woanɔ agbe nyuie me o, elabena Luka 13:24 lia gblɔ na mi bena: “Ame geɖewo ladi be woayi ɖe eme, eye womate ŋui o. Menye gbedodoɖae o, elabena Yesu gblɔ be: “Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo, gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye (Mateo 15:8).
Ame ɖe hã àgblɔ be, ne yedze agbagba eye yewɔ nusiwo katã yate ŋui, le nu nana amedahewo me, le dɔnɔwo sasrã kpɔ me eye yele agbagba dzem gbawotsyogbe ne yeanye ame nyui la, ekama yeaxɔ gbugbɔ gadzi (Mateo 25:41-45). Gbeɖe, mi mate ŋu anye nusi mienye o, elabena ŋutilã me nudzodzro me bɔbɔna ɖe Mawu ƒe se la te o, eye mate ŋui hã o. Edze be tɔtrɔ nava miaƒe dzi me. Mawu gblɔ to nyagblɔɖilawo dzi be: “Mana dzi yeye miʼʼ (Xezekiel 36:26̄).
Ke azɔ̃, nukae nye dzidzi yeye? Dzidzi yeye nye tɔtrɔ le dzi me, alo nugbegbe le ɖokui-subɔsubɔ-gbɔ, ahayi ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ gbɔ. Esia vana eme ne miese veve ɖe miaƒe nuvɔ̃wo ta eye, to xɔse me, mieɖo ŋu ɖe Yesu ŋu, hebia tsɔtsɔkee. Agbe yeye doa go ne wodzi vidzĩ si nye ame yeye le ŋutilã me.
Nenemake, ne dzidzi yeye su ame si la, gbɔgbɔme gbe yeye nɔnɔ le Kristo Yesu me dzea gɔme. Esia tae woyɔnɛ be dzidzi yeye, si nye agbe yeye le Kristo Yesu me. “ Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena amewo ɖeke natsrɔ̃ o, keboŋ ne amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti’’ (Petro II, 3:9).
Ɣekaɣie ame laxɔ dzidzi yeye sia?’’ Ŋɔŋlɔ̃a gblɔe be: “Egbegbe, ne miese eƒe gbe’’ (Hebritɔwo 3:7). Esia fiã be ƒe sia ƒe (si miexɔ), ɣeyiɣi sia ɣeyiɣi (si me miele) kple teƒe sia teƒe (si miele), ne miese eƒe gbe hetɔ nɛ ko la, miateŋu akpɔ gome le Gbɔgbɔ me dzidzi yeye la me.
Ɣeyiɣi nenie esia laxɔ? Ɖe nye malala, atsi hafi adi dzidzi yeye sia gome kpɔkpɔ oa? Gbeɖe, Mawu fiaɖuƒe la mee wodzia mi le, eye eyae wɔa mi viwo kple domenyilawo. Romatɔwo 8:17 na mienya be: “Ke ne viwo mienye la, ekema domenyilawo hã mienye. Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo’’. Esia ateŋu ava eme ne miegbe nu le nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ gbɔ hesi va Yesu gbɔ hena tsɔtsɔke xɔxɔ.
Aleke kple ɣekaɣie ame xɔna dzidzi yeye sia? Mawu, si nye dzimekpɔla la akpɔ wò nuteƒewɔwɔ. Ava gbɔwò to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ me eye wòade gbɔgbɔ dzadzɛ mewò (Psalmowo 51:12). Alea ye dzidzi yeye sua ame si, eye ame zua nuwɔwɔ yeye le Kristo Yesu me to eyema dzi xɔxɔ se me (Korintotɔwo II, 5:17).
Mlɔeba, aleke ame nyana be dzidzi yeye su ye si? Paulo fia nu le Romatɔwo 8:1-10 lia me be: “ Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o’’. Biblia hã fiã be, ame bubuwo ku tsi nuvɔ̃ me eye wobu fɔ̃ wo le esime dzitsinya gbegblẽ kple ŋutilã me susu le wo si ta. Le esime wonye tomaɖola wo ta, mɔkpɔkpɔ meli na wo o, eye Mawu meli na wo le xexeame o. Ke le Kristotɔ si wo gbugbɔ gadzi ya go mea, enye Mawu ƒe vi, si le agbe le Kristo me, ame si woxɔ ƒle, ame si ŋu ƒɔbubu megale o kple ame si dzitsinya nyui kple gbɔgbɔ gbɔgbɔmetɔ le.
Eyama yɔna fũu kple gbɔgbɔme susu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe kpakple xɔse, eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ li nɛ. Kristo ƒe ʋua tutu eƒe nuvɔ̃wo ɖa. Eƒe dzi gba go kple lɔlɔ̃ kpakple Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo gɔmesesewo katã ta. Elɔ̃ ame eye didi nyui wo le eme eye ŋusẽ le esi be woawɔ Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu. Ekpɔa dzidzɔ be mɔkpɔkpɔ li na ye le ku megbe eye wòɖoa ŋu ɖe ŋugbedodo la ŋu be nɔƒe le dziƒo na ye.
Ɖe amea ɖe ato tɔtrɔ sia tɔgbui me eye manyae oa? Asese ŋutɔ, elabena “Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe miaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena mawuviwo mienye. (Romatɔwo 8:16)
Ne ŋutifafa kple dzidzɔ si numetoto sia nana luʋɔ mekpɔ su asiwò ha ɖe o la, ekema megalala azɔ̃ o, elabena awɔ abe ɖee nètsɔ Mawu kple wò luʋɔ le fefem ene. Edze be woagbugbɔ wò agadzi.