Le gɔmedzedze a me, Mawu wɔ xixe a . Wò wɔ ɣe, ɣleti kple ɣletivi wo, kpakple ati wo kple lã wo. Le ŋkeke ade lia gbe, Mawu wɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu eye wò gbɔ agbe gbɔgbɔ ɖe eƒe ŋuti me.
Ame gbãtɔ ma ƒe ŋkɔ nye Adam, eye srɔ̃a ƒe ŋkɔ nye Xawa. Mawu dzra nɔƒea ɖe ɖo ɖi na wo le abɔ nyuia ɖe me. Mawu lɔ̃ Adam kple Xawa eye woa wo hã lɔ̀ Mawu. Mawu bia tso Adam gbɔ be wò a kpɔ abɔ la dzi nyui. È gblɔ na wo bena wo ateŋ aɖu abɔ la me ƒe ati wo ƒe tsetse wo faa, ne gbe ati si nana sidzedze nyui kple vɔ̃ la ko, eye gbesigbe ke wo a gbe toɖoɖo la wo a ku.
Nu vɔ̃ɖi manya gblɔ a ɖe va dzɔ! Adam kple Xawa dze nuvɔ̃ me le to maɖo-maɖo, Mawu ƒe nya la, le esime wo ɖu ati si tsetse Mawu dese na wo la ta. Wo dze vɔvɔ̃m na Mawu, tete wo ɣla wo ɖokui ɖe eya-amea (eyama). Mawu nya teƒe si wo ɣla wo ɖokui ɖo la. E va abɔ la me, tete wò yɔ Adam. Mawu gblɔ nɛ bena esi eya kple Xawa gbe toɖoɖo la, wo a dzo le woƒe abɔ nyui la me.
Mawu me ŋlɔ Adam kple Xawa be o. E ga le wo lɔm ko, E doŋgbe eƒe tenu vi Yesu, dɔdɔ ɖe xixe a me. Ele na Yesu be wò aku ɖe wo ƒe nuvɔ̃ ta, bena wo a kpɔ agbe. «Elabena alegbegbe Mawu lɔ̃ a xixe a me bena, wò tsɔ ye ŋutɔ ƒe tenu vi hena bena amesiame Si xɔa edzi sena la, me le tsɔtsrɔ̃ ge o ke boŋ wò akpɔ agbe mavɔ.» (Yohanes: 3,16)
Yesu ƒe vava la va eme! E fia nu be ame wo katã wɔ nuvɔ̃. Vɔ̃ wɔla wo katã dze na ku. Yesu lɔ̃ mi alegbegbe eye wò gblɔ na Mawu be ye a ku ɖe ame agbetɔ ƒome la katã ta. E ku ɖe mia dometɔ ɖesiaɖe ta.
Eye nya nyui lae nye be Yesu le agbe! Eyae gblɔ be: « Nye enye mɔ la, nyeateƒe la, kple agbe la.» (Yohanes :14,6) Yesu le dzidzim be ye a kplɔ mí yi ɖe mia ƒe nɔƒe le fofo a gbɔ le dziƒo.
Ɣeaɖe-wo-ɣi, mí me dona dzesi be ame wo lɔ̃ na mí o. Ame si wo ƒo xla mí wo lé blanyui, alo wo do dɔmedzoe. Ɖewohĩ mí vɔ̃ na, alo mí sena le mia ɖokui me be nu ƒuƒlu a ɖe le mía me ɖaa, si me ɖe na ɖa oa?
Mí bia na mia ɖokui be ame ka ateŋ a kpeɖe mía ŋuti eye mí buna be mi tsi mia ɖeka (alo akogo). Mawu tsɔ na dzidzi sia de míaƒe dzi wo ƒe goglo ƒe, ɖe eƒe lɔlɔ̃ si wò ɖo na mí la ta. Nu tɔxɛa ɖe wo nye te na mí ɖe mía fofo si le dziƒo la ŋu. Mawu dzi be yea tsɔ ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ a yɔ nu ƒuƒlu sia teƒe, le mía ƒe dzi wo me. Ele dzidzim be mia dogbeɖa kple mía ƒe dzi blibo, eye mía gblɔ bena:« Yesu, me le hiã wòm. Ɖeɖi te ŋu nye le nye nuvɔ̃ wo ta. Me ɖekuku, Yesu letsi nam ne mado tso nunyɔ̃nu sia wo me.» Yesu a se mia ƒe yɔyɔ vevie sia. A letsi na mi eye wòa dzra mi ɖo ɖi na nɔƒe si dzram ɖo wò le la.
Aleke woa nɔ ne mí nɔ agbe na Yesu mahã? Eɖa nye veve sese, eɖa nye nuvɔ̃, eɖa nye dɔxui, numa wo ɖeke maga nɔ anyi akpɔ gbeɖe o. Dɔlele, alo ku, alo blanyui wo nu ava yi. Mi ame si wo kpɔ ɖeɖe tso anyigba blibo la dzi la, mía nɔ kafukafu ha wo dzim na Mawu tegbe tegbe.
Mlɔe nu la mía de! Mía ƒe nɔƒe le dziƒo kple mía Ɖela Yesu!