Yesu xɔlɔ̃ wò
Xɔlɔ̃a de le asinye. Enye xɔlɔ̃ nyuietɔ wu xɔlɔ̃ ɖesiaɖe si me do. Enyo dɔme ale gbegbe eye wò nye nuteƒe wɔla si me di be wò hã na dzesii. Ga wu la, nu si ga nyo ŋutɔ eyae nye be yea dze xɔlɔ̃ kpakpli wò.
Me di be maƒonu na wò tso eyama ŋuti. Wo ateŋu axle eƒe ŋutinya le Biblia la me. Biblia la nye nyateƒe. Mawu nya wò nye.
Mawue nye ame si wɔ xexea kple eme nuwo katã. Eyae nye dziƒo kple anyigba la ƒe aƒetɔ. Mawu mae nana agbe kple agbe gbɔgbɔ nuwo katã.
Yesu nye Mawu ƒe vi. Mawu dɔɛ ɖe anyigba la dzi be wòa zu mia ƒe ɖela. Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexea-me (si gɔme enye be elɔ̃a nye kple wo) eye wò dɔ eƒe tenuvi, Yesu (be wòa ku ɖe mia ƒe nuvɔ̃ wo ta) be amesiame si xɔa edzi sena la matsrɔ̃ akpɔ o, ke wòa kpɔ agbe-mavɔ. (Yoha. 3,16)
Yesu va xexeame abe vidzie ene. Etɔa kple enɔa si le anyigba sia dzi woe nye Yosɛf kple Maria. Wo dzi ɖe lãwo kpome eye wo tsɔɛ mlɔ̃ lãwo nuɖunume.
Etsi le Yosɛf kple Maria kɔnu eye wòdoa to wo ƒe gbe. Nɔviŋutsu kple nyɔnu le Yesu si eye wo bleavi ɖe du. Ekpena ɖe Yosɛf ŋuti le atikpakpa ƒe dɔme.
Esi Yesu zu ɖekakpui la, eƒia amewo enu ku ɖe etɔa si le dziƒo la ŋuti. Ena wo nya be Mawu lɔ̃ wo. Eyɔdɔ na dɔnɔwo eye wofa akɔ na amesiwo le xaxame. Ɖeviwo ƒe xɔlɔ̃ wònye. Yesu dzina be ɖeviwo ne nɔ eƒe axame etsɔ eƒe ɣeyiɣi ɖo anyi na wo. Ɖeviwo lɔ̃a Yesu eye wo dina be yewo anɔ egbɔ hã.
Amea dewo me lɔ̃a Yesu o. Wo ʋanu ɖe eŋu ŋutɔ, esia wɔe gɔ̃ be wo gbenu le egbɔ. Eya ŋuti wo dina eƒe ku mɔnu. Eŋu vɔ̃ɖia ɖe va ke, wo wu Yesu le esime wo klaɛ ɖe atitsoga la ŋuti. Yesu me wɔ vɔã ɖeke o. Edzebe wòa ku ɖe mia ta elabena nye kpakpli wò ŋu mi wɔ nuvɔ̃.
Yesu ƒe ŋutinya nu me vayi kpakple eƒe ku la o. Mawu fɔe ɖe tsitre le kukuawo dome. Eƒe nusrɔ̃lawo kpɔɛ. Eye esia megbe la etrɔ yi dziƒo.
Egbea, Yesu ateŋu anɔ kpɔwòm eye woateŋu anɔ to ɖom wò. Enya nusianu kuɖe ŋuwò, eye wò tsɔaɖe le mewò. Ƒonu nɛ ɖe wò kuxiwo ta. Ele klalo be yea kpeɖe ŋuwò. Ateŋu abɔbɔ eta eye na ƒonu kplii. Le ɣesiaɣi. Le afisiafi.
Gbeɖeka Yesu la ga trɔva! Elava kplɔ amesiwo xɔa edzisena la yi dziƒo.